For faster navigation, this Iframe is preloading the Wikiwand page for James Madison.

James Madison

James Madison Jr. (Tedoxe 16, 1751 – Masa 28, 1836) nye Fofo Gɔmeɖoanyila kple United States ƒe dukplɔla enelia. Enye United States ƒe Dukplɔsea ŋlɔla vevitɔ kekeake hã eye wònye kluvitɔ si si agble gã aɖe le. Madison ye nye dukplɔla kpuitɔ kekeake, eye eƒe kɔkɔme nye meta 1.63.[1]

James Madison Jr. nye Asrafomegã James Madison Sr. kple Nellie Conway Madison ƒe viŋutsu tsitsitɔ.

Madison ɖe Dolley Todd (si wodzi Payne) le April 18, 1794 dzi.[2]

Eƒe dunyahehe me agbenɔnɔ

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Madison dze eƒe dɔ gɔme le Virginia dukɔa ƒe sewɔtakpekpe me. Madison srɔ̃ nu geɖe tso Thomas Jefferson gbɔ. Madison di be United States ƒe dukɔa ƒe dziɖuɖu si sẽ wu esi Dukɔa ƒe Sewo gblɔ. Enye kpekpe si ɖo United States ƒe Dukplɔse si li fifia la me tɔ. Woyɔ Madison be "Dukplɔsea Fofo" elabena ekpe asi ɖe eƒe akpa gã aɖe ŋɔŋlɔ ŋu eye wòƒoe ɖe amewo nu be enye nyui aɖe.

Wotia Madison be wòanye United States Teƒenɔlawo ƒe Aƒea me tɔ. Madison kpe asi ɖe se gbãtɔwo ŋɔŋlɔ na United States ŋu. Madison ye nye ame vevitɔ si ŋlɔ Gomenɔamesiwo Ŋuti Se, si nye Dukplɔsea ƒe ɖɔɖɔɖo 10 gbãtɔwo hã.

Madison kple Jefferson nye xɔlɔ̃ nyuiwo eye wokpe asi ɖe Democratic-Republican Party si di be dukɔa ƒe dziɖuɖu si gbɔdzɔ la naɖo anyi.

Jefferson tia Madison be wòanye yeƒe Dudɔnunɔla.[3]

Eƒe agbenɔnɔ abe dukplɔla ene

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Eƒe dunyaheha tia Madison be wòanye Democratic-Republicantɔwo ƒe dukplɔla ƒe ametiakɔdala le ƒe 1808. Eɖu dzi le tiatia ma kple tiatia si kplɔe ɖo me le ƒe 1812 me.

Ƒe 1812 ƒe Aʋa la dze egɔme esime Madison nye dukplɔla. Madison gakpɔtɔ nɔ mɔkpɔkpɔ me na ŋutifafa, gake Sewɔtakpekpea di be yeawɔ aʋa eyata ena ta eye wòda asi ɖe aʋawɔwɔ ƒe gbeƒãɖeɖe ɖe Britain ŋu le June 18, 1812. Ame siwo gakpɔtɔ di ŋutifafa yɔe be "Aƒetɔ Madison ƒe Aʋa". Wozi Madison kple eƒe ƒomea dzi be woasi le ƒe 1814 me esime Britain-srafowo xɔ Washington D.C eye wotɔ dzo White House, kple xɔ bubu geɖewo wòzu anyigba. Dolley Madison, srɔ̃a, xɔ ŋkɔ be eɖe George Washington ƒe nɔnɔmetata aɖe tso dzoa me.

Aʋa la na Madison di be yeakpɔ dziɖuɖu sesẽ wu tsã. Togbɔ be etsi tre ɖe dukɔa ƒe gadzraɖoƒe aɖe ŋu le gɔmedzedzea me hã la, ekpɔe be ehiã eye wòhiã na gadodo na aʋawɔwɔ. Esi dukɔa ƒe gadzraɖoƒea ƒe agbalẽa wu enu la, Madison gagbugbɔe wɔ yeyee.

Eƒe agbenɔnɔ le dukplɔlanyenye megbe

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Madison xɔ dzudzɔ le dɔme yi Virginia le eƒe zimenɔɣi evelia megbe. Madison ku le June 28, 1836 dzi.

  1. "James Madison". NPS.org. Retrieved November 4, 2013. 
  2. "James Madison | Biography, Founding Father, & Presidency". Encyclopedia Britannica. Retrieved 2021-08-14. 
  3. "James Madison". HISTORY. Retrieved 2021-08-14. 
{{bottomLinkPreText}} {{bottomLinkText}}
James Madison
Listen to this article

This browser is not supported by Wikiwand :(
Wikiwand requires a browser with modern capabilities in order to provide you with the best reading experience.
Please download and use one of the following browsers:

This article was just edited, click to reload
This article has been deleted on Wikipedia (Why?)

Back to homepage

Please click Add in the dialog above
Please click Allow in the top-left corner,
then click Install Now in the dialog
Please click Open in the download dialog,
then click Install
Please click the "Downloads" icon in the Safari toolbar, open the first download in the list,
then click Install
{{::$root.activation.text}}

Install Wikiwand

Install on Chrome Install on Firefox
Don't forget to rate us

Tell your friends about Wikiwand!

Gmail Facebook Twitter Link

Enjoying Wikiwand?

Tell your friends and spread the love:
Share on Gmail Share on Facebook Share on Twitter Share on Buffer

Our magic isn't perfect

You can help our automatic cover photo selection by reporting an unsuitable photo.

This photo is visually disturbing This photo is not a good choice

Thank you for helping!


Your input will affect cover photo selection, along with input from other users.

X

Get ready for Wikiwand 2.0 🎉! the new version arrives on September 1st! Don't want to wait?